John 4:43-54

Yesu yɔ dɔ Kapernaum ʋafia la ƒe viŋutsu

(Mateo 8:5-13; Luka 7:1-10)

43Le ŋkeke eve megbe la edzo yi Galilea. 44Elabena Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi xoxo be, nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o. 45Gake esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe alɔ eve, elabena ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ le Yerusalem esi woyi ɖaɖu ŋutitotoŋkeke nyui la le afi ma.

46Yesu gava Kana le Galilea afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le. Afi mae wòdo go fiaŋutime aɖe le, ŋutsu sia vi le dɔ lém le Kapernaum. 47Esi wòse be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye.

48Yesu biae bena, “Ke mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, negbe ɖe ko mewɔ nukunu geɖewo hafia?”

49Aʋafia la ɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?”

50Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi aƒe elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ hedze aƒemɔ dzi. 51Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be, via ƒe lãme sẽ. 52Aʋafia la bia wo be woagblɔ gaƒoƒo si me tututu ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ la na ye. Woɖo eŋu nɛ bena, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã sesẽ la dzo ɖa le edzi kpata.” 53Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia sia kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔe se be Yesue nye Mesia la vavã.

54Esia nye Yesu ƒe nukunu evelia si wòwɔ esi wòtso Yudea va Galilea.

Copyright information for EweBEE